Kwame Nkrumah

Kwame Nkrumah (Anyɔnyɔ 21, 1909 - Afɔfiɛ 27, 1972) enye Ghana vidzidzi gbãtɔ si vaye zu Ghana dukplɔla.

Eƒe ɖevime kple sukudede

Wodzi Nkrumah le Nkroful le Ghana ƒe Ɣetoɖoƒe nutome. Ŋkɔ si wotsɔ ne le eƒe ɖevime enye Francis Nwia Kofi Ngonloma. Ede Achimota School le Gẽ hafi wòyi edzi le Roma Katolik suku me le Axim. Le ƒe 1935 me la, ezɔ mɔ heyi ɖe United States. Ede Lincoln yunivesiti, afisi woxɔ BA ɖaseɖigbãle le.

Eƒe gbɔgbɔ va Ghana

Le 1945 me la, Nkrumah gbɔ va Ghana. Le eƒe gbɔgbɔ ko la, woɖoe nuŋlɔ̃la na United Gold Coast Convention (UGCC). Woƒe nunɔla ɣemaɣi enye J. B. Danquah. Le ƒe ʋea ɖewo megbe la, vovototo va ge ɖe wome eye Nkrumah do le UGCC la me eye wò va ɖo eya ŋutɔ ƒe dunyaheha si nye Convention People's Party (CPP). Wo nɔ United Kingdom dukɔa biam na Ghana ƒe ɖokuisinɔnɔ.

Ghana ƒe ɖokuisinɔnɔ

Le Tedoxe 6, 1957 me la, Ghana dukɔa xɔ ɖokuisinɔnɔ eye Nkrumah zu dukɔa kplɔla. Fianyɔnu Elizabet II ganɔ zia dzi na Ghana ƒe etɔ̃ sɔ̃ŋ hafi eya hã trɔ tso Siamlɔm 1, 1960 dzi.

Eƒe dziɖuɖu

Nkrumah tu nuwo geɖe abe tɔdziʋudzeƒe gãaɖe, ayameʋudzeƒe yeye kple Akosombo Dam. Nkrumah nye Ghana dukplɔla ƒe 9 sɔŋ hafi wo ge le zia dzi. Ghana asrafowo tso ɖe eŋu le esime Ghana nɔ sesem.

Nkrumah ƒe ƒometɔwo

Nkrumah nɔ ŋkɔ enye Aƒenɔ Nyaniba. Vi ene ye nɔ Nkrumah si. Via tsitsitɔ enye Francis, si nye dɔyɔla kple amatsiwɔla de ŋgɔ le Ghana. Emegbe la, Nkrumah ɖe Fathia Rezhik, si tso Egyipté. Wodzi vi etɔ̃. Gbãtɔ enye ŋutsu, Gamel, evelia enye Samia, si nye nyɔnu eye mamlea enye Sekou si nye ŋutsu.

Kwame Nkrumah ƒe agbalẽwo

  • Ghana: The Autobiography of Kwame Nkrumah (1957) ISBN 0-901787-60-4
  • Africa Must Unite (1963) ISBN 0-901787-13-2
  • African Personality (1963)
  • Neo-Colonialism: the Last Stage of Imperialism (1965) ISBN 0-901787-23-X
  • Axioms of Kwame Nkrumah (1967) ISBN 0-901787-54-X
  • African Socialism Revisited (1967)
  • Voice From Conakry (1967) ISBN 90-17-87027-3
  • Handbook for Revolutionary Warfare (1968)
  • Consciencism: Philosophy and Ideology for De-Colonisation (1970) ISBN 0-901787-11-6
  • Class Struggle in Africa (1970) ISBN 0-901787-12-4
  • The Struggle Continues (1973) ISBN 0-901787-41-8
  • I Speak of Freedom (1973) ISBN 0-901787-14-0
  • Revolutionary Path (1973) ISBN 0-901787-22-1

Kpɔ esiawo hã

Nyasiawo ƒe tsoƒe



   Ghana dukplɔlawo

Kwame Nkrumah • Joseph Ankrah • Akwasi Afrifa • Nii Amaa Ollennu • Edward Akufo-Addo • Ignatius Kutu Acheampong • Fred Akuffo Jerry Rawlings Hilla Limann Jerry Rawlings John Kufuor John Atta Mills John Mahama Nana Akufo-Addo

This article is issued from Wikipedia. The text is licensed under Creative Commons - Attribution - Sharealike. Additional terms may apply for the media files.